Revelation of John 22

Agbetɔsisi la

1Tete mawudɔla la fia agbetsitɔsisi lam eye eme kɔ keŋkeŋkeŋ abe kristalokpe ene, ele sisim tso Mawu ƒe fiazikpui la kple Alẽvi la gbɔ, 2heva to dumɔ gã la titina. Agbeti la le tɔsisi la ƒe gowo kple eve dzi, etsea ku wuieve ɣleti ɖe sia ɖe eye eƒe aŋgbawo nye nu si ahe dɔyɔyɔ vɛ na dukɔwo. 3Fiƒode aɖeke maganɔ anyi azɔ o. Mawu kple Alẽvi la ƒe fiazikpui anɔ du la me eye eƒe dɔlawo asubɔe. 4Woakpɔ eƒe ŋkume eye eƒe ŋkɔ anɔ woƒe ŋgo wo nu. 5Zã maganɔ anyi o. Womahiã akaɖi ƒe keklẽ alo ɣe ƒe keklẽ o, elabena Aƒetɔ Mawu ana akaɖi wo. Eye woaɖu fia tso mavɔ me yi mavɔ me.

6Mawudɔla la gblɔ nam be, “Nya siawo nye nya siwo ŋu woaɖo dzi ɖo eye wonye nyateƒe. Aƒetɔ la, nyagblɔɖilawo ƒe gbɔgbɔ ƒe Mawu la, dɔ eƒe mawudɔla be wòafia eƒe dɔlawo nu siwo ava dzɔ kpuie.”

Yesu gbɔna

7“Kpɔɖa, megbɔna kpuie! Woayra ame si lé nyagblɔɖi siwo le agbalẽ sia me la me ɖe asi.”

8Nye, Yohanes, nyee nye ame si se, hekpɔ nu siawo katã. Eye esi mese, hekpɔ nu siawo la, medze klo ɖe mawudɔla si ɖe nu siawo katã fiam la ƒe afɔnu be masubɔe. 9Ke egblɔ nam be, “Mègawɔe O! Nye hã dɔla ko menye abe wò ke ene kpe ɖe nɔviwò nyagblɔɖilawo ŋu kpakple ame siwo katã lé agbãle sia me nyawo ɖe asi la ŋu. Eya ta subɔ Mawu!”

10Tete wògblɔ nam be, “Mègatre nyagblɔɖi siwo le agbalẽ sia me nu o, elabena ɣeyiɣi la te tu aƒe. 11Vɔ̃wɔla nenɔ vɔ̃wɔwɔ dzi, ame vɔ̃ɖi nenɔ nu vɔ̃ɖi wɔwɔ dzi, nyuiwɔla hã nenɔ nyuiwɔwɔ dzi eye ame si le kɔkɔe la, nenɔ kɔkɔenyenye dzi.”

12“Kpɔɖa, megbɔna kpuie! Nye fetu kpe ɖe ŋutinye, eye maxe fe na ame sia ame le nu si wòwɔ nu. 13Nyee nye A kple Z, Gbãtɔ kple Mlɔɛtɔ, Gɔmedzedze kple Nuwuwu.

14“Woayra ame siwo nya woƒe awuʋlayawo be woakpɔ mɔ ayi ɖe agbeti la gbɔ, eye be woato agboawo nu age ɖe du la me. 15Ke avuwo, akunyawɔlawo, ahasiwɔlawo, hlɔ̃dolawo Trɔ̃subɔlawo kple ame siwo lɔ̃ avatso eye wokanɛ hã la atsi agboa godo.

16“Nye, Yesue dɔ nye mawudɔla be wòatsɔ ɖaseɖiɖi siawo na wò hena hameawo. Nyee nye Ke tso David me kple eƒe dzidzimevi. Nyee nye ŋukeɣletivi keklẽ la.”

17Gbɔgbɔ la kple ŋugbetɔ la gblɔ be, “Va!” Eye ame siwo le esem la hã negblɔ be, “Va!” Ne tsikɔ le ame aɖe wum la, neva noe faa eye ame sia ame si lɔ̃ ko la nexɔ agbetsi wòano.

18Mele nu xlɔ̃m ame sia ame si le agbalẽ sia me nyagblɔɖiwo sem la be: Ne ame aɖe atsɔ nane akpe wo la, Mawu ana dɔvɔ̃ siwo katã ƒe nya woŋlɔ ɖe agbalẽa me la nava edzi. 19Eye ne ame aɖe aɖe nya aɖewo le nyagblɔɖigbalẽ sia me la, Mawu mana wòakpɔ gome le agbeti la kple du kɔkɔe si ŋuti woƒo nu le le agbalẽ sia me la me o.

20Ame si le ɖase ɖim le nu siawo ŋuti la gblɔ bena, “Ẽ, megbɔna kpuie.”

Amen. Va, Aƒetɔ Yesu.

21Aƒetɔ Yesu ƒe amenuveve nenɔ kple Mawu ƒe amewo. Amen.

Copyright information for EweBEE